Judges 6:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Midiantɔwo katã, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒe dukɔ bubuwo wɔ ɖeka eye wotso Yɔdan tɔsisi la va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel balime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Midiantɔwo katã kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo kpe la heho va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel-bali me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Midiantɔwo, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒeviwo katã va kpe ta. Wotso Yordan-tɔsisi la, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel-bali la me.