Judges 6:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wovana kple woƒe lãhawo kple woƒe agbadɔwo abe ʋetsuviwo ene. Mele bɔbɔe be woaxlẽ ŋutsuawo kple woƒe kposɔwo o. Wovana dzea anyigba la dzi be woagblẽe keŋkeŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena ɖe wohona vana kple woƒe lãwo kpakple agbadɔwo, eye woawo kple woƒe kposɔ naneawo ƒona ɖi bibibi abe ʋetsuviwo ene; ale wovana, be woagblẽ anyigba la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wova dona bibibi kple woƒe lãhawo kple avɔgbadɔwo abe ʋetsuviwo ene. Woawo ŋutɔ kple woƒe kposɔwo mele xexlẽme o. Ðeko wovana gblẽa nu sia nu le anyigba blibo la dzi.