Judges 7:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gideon te ɖe agbadɔ aɖe ŋu esime futɔwo dometɔ ɖeka ku drɔ̃e, ɖi vo, nyɔ tso alɔ̃ me teti henɔ drɔ̃e la lĩm na nɔvia. Egblɔ be, “Meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe, abolo gã aɖe mli ge ɖe míaƒe asaɖa la me eye wòlɔ míaƒe agbadɔ la ƒu anyi gbloo!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Gideon va la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le drɔ̃e lim na nɔvia bena: Meku drɔ̃e kpɔ luboloa ɖe mli togotogo va Midiantɔwo ƒe asaɖa me, eye wòlɔ aʋafia ƒe agbadɔ wòmã dze anyi hetrɔ gbo, eye agbadɔla tsi nenema.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Gideon va ɖo la, ŋutsu aɖe nɔ drɔ̃e lĩm na xɔlɔ̃a wòse. Egblɔ be: “Meku drɔ̃e, eye mekpɔ abolo aɖe si wome kple lu. Aboloa mli togotogo va míaƒe ƒe asaɖa me. Elɔ agbadɔ ɖeka, eye agbadɔa mu gbloo tsyɔ anyigba.”