Judges 7:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Gideon kple ame alafa ɖeka siwo nɔ eŋu la ɖo Midiantɔwo ƒe asaɖa la ƒe gbɔto le zãtitina esime woɖɔli dzɔlawo teti. Woku woƒe kpẽwo eye wogbã anyikplu siwo le wo si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Gideon kple ame alafa ɖeka, siwo le eŋu la, va asaɖa la ƒe mlɔeanu le zãtiƒe, esime woɖe ŋudzɔnɔlawo ɖo anyi tetee; eye woku kpẽawo hegbà ze, siwo le wo si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Gideon kple ame alafa ɖeka si le eŋu la zɔ tu futɔwo ƒe asaɖa la kpuie hafi zã titina ɖo. Ŋudzɔnɔlawo ɖɔli wo nɔewo teti ko wova ɖo. Tete Gideon kple etɔwo ku kpẽawo, eye wogbã ze siwo le wo si la.