Judges 7:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gagblɔ na Gideon be, “Ameawo sɔ gbɔ akpa. Kplɔ wo yi tɔ la to, ekema mafia ame siwo ayi kpli wò kple esiwo mayi o la wò. Ne megblɔ be, ‘Ame sia nayi kpli wò la’ ekema ayi, ke ne megblɔ be, ‘Ame sia mayi kpli wò o la’ ekema mayi o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Gideon bena: Ameawo: gasɔ gbɔ akpa ko. Kplɔ wo yi tɔ la nu, ne mado wo akpɔ na wò le afima, eye amesi ke magblɔ na wò be, neyi kpli wò la, eya nayi kpli wò; ke amesi ke magblɔ na wò be, megayi kpli wò o la, mayi kpli wò o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ gblɔ na Gideon be: “Ameawo gasɔ gbɔ akpa kokoko. Kplɔ wo yi ɖe tɔ la nu bene mado wo kpɔ na wò le afi ma. Ne megblɔ be ame aɖe neyi kpli wò la, eya neyi kpli wò. Ne megblɔ be ame aɖe ya megayi kpli wò o la, megayi kpli wò o.”