Judges 7:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gideon xɔ anyikpluawo kple kpẽawo le Israelviwo si, ɖo wo ɖe aƒe eye ame alafa etɔ̃awo (300) koe tsi anyi. Midiantɔwo ƒo ƒu ɖe balime si le Gideon te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ameawo tsɔ mɔ dzi nuɖuɖu kple woƒe kpẽwo ɖe asi; ke eɖe asi le Israeltɔ bubuawo katã ŋu amesiame yi eƒe xɔ nu, eye wòtsɔ ame alafa etɔ̃awo kpe ɖe eɖokui ŋu. Eye Midiantɔwo ƒe aʋasaɖa le abu me le eŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Gideon na ame sia ame gbugbɔ yi enɔƒe, negbe ame alafa etɔ̃ la ko. Ame siawo tsɔ woƒe nuɖuɖu kple kpẽwo ɖe asi. Azɔ la, Midiantɔwo ƒe aʋasaɖa le balia me le wo gɔme ɖa.