Judges 8:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ (15,000) va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) xoxo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Zebax kple Zalmuna kpakple woƒe aʋakɔ la va Karkor, eye amesiwo katã kpɔtɔ le ɣedzeƒeviwo ƒe aʋakɔ me la, ana ame akpe wuiatɔ̃; ke amesiwo kpla yi, eye wotsi aʋa la, le ame akpe alafa ɖeka kple blave.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zebax kple Zalmuna va ɖo Karkor kple woƒe aʋakɔ la. Ame akpe wui atɔ̃ koe susɔ le ɣedzeƒeviwo dome, ke ame akpe alafa ɖeka bla eve tsi aʋa.