Judges 8:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Etrɔ va Sukɔt eye wògblɔ na wo be, “Mieɖu fewu le ŋunye be, nye asi masu Fia Zeba kple Fia Zalmuna dzi akpɔakpɔ o eye miegbe, miena nuɖuɖu mí o, le esime ɖeɖi te mía ŋu eye dɔ nɔ mía wum. Kpɔ ɖa, fia eveawoe nye esiawo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòva Sukottɔwo gbɔ la, egblɔ bena: Zebax kple Zalmuna enye si, amesiwo mietsɔ ɖu fewu le ŋunye gblɔ bena: Ɖe wò asi tu Zebax kple Zalmuna, hafi miana abolo wò ame, siwo ŋu ɖeɖi te belibeli la mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Gideon va ɖo Sukotetɔwo gbɔ la, egblɔ na wo be: “Mikpɔ Zebax kple Zalmuna ɖa. Esi míeva to afii yina eye ɖeɖi te nye amewo ŋu vevie la, mebia nuɖuɖu mi be matsɔ na wo, ke ɖeko mieɖu fewu le ŋunye. Miebiam be nye asi ɖe wòsu Zebax kple Zalmuna dzi xoxo hafi le nuɖuɖu biam mahã.”