Judges 8:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Sikatogɛ siwo wòbia la ƒe kpekpeme va le kilogram wuiasiekɛ kple afã, ke womebu atsyɔ̃ɖonuwo, dzonu xɔasiwo kple awu dzĩ si Midian fiawo dona alo kɔga siwo wodena na woƒe kposɔwo la ɖe eme o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye sikatogɛ, siwo wòbia la, ƒe kpekpeme le sekel akpe ɖeka kple alafa adre, womebu kogɛ kple tomedzonu kpakple aɖabɛwu, siwo Midian-fiawo do, kple kɔsɔkɔsɔ, siwo le ka na woƒe kposɔwo la, ɖe me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Sikatogɛ si wonae la ƒe kpekpeme de abe kilo bla eve ene, evɔ la womebu kɔga, togɛ, Midian-fiawo ƒe avɔ dzĩ biɖibiɖi wu kple kɔsɔkɔsɔ si le nu na kposɔwo la ya ɖe eme o.