Judges 9:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ŋuti gblɔ na atiawo be, ‘Ne miaɖom fiae ɖe mia nu vavã la, ekema miva be ɖe nye vɔvɔli te, ke ne menye nenema o la, mina dzo nado tso ŋuti la me ava bi Lebanon ƒe sedatiwo.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ŋuve gblɔ na atiawo bena: Nenye nyateƒe to gblɔm miele be, miasi ami nam manye fia ɖe mia dzi la, ekema miva bè ɖe nye vɔvɔli te! Ne menye nenem o la, ekema dzo ado tso ŋuve la me, eye wòafiã Libanon ƒe sedertiwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke aŋɔka gblɔ na wo be: ‘Nenye nyateƒe gblɔm miele be miasi ami nam ne manye fia ɖe mia dzi la, ekema miva bè ɖe nye vɔvɔli te. Ne menye nenem o la, dzo ado tso nye alɔwo me afiã sedertiwo le Lebanon.’ ”