Judges 9:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gaal do ɣli be, “Ame kae nye Abimelek eye nu ka ta wòanye míaƒe fia? Nu ka ta míanye eƒe subɔlawo? Eya kple xɔlɔ̃a, Zebul, boŋue anye míawo ƒe subɔlawo. Miɖe kɔ ɖa le Abimelek ŋu!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Gaal, Ebed vi, gblɔ bena: Ameka nye Abimelex, eye ameka nye Sixemtɔ ma ƒe vi, ne míasubɔe? Ɖe menye eyae nye Yerub-Baal ƒe vi, eye wòtsɔ Zebul ɖo dumegã oa? Misubɔ Sixem fofo Hemor ƒe viwo boŋ! Nuka la gɔ̃ miasubɔ eya ɖo?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gaal gblɔ be: “Ame ka tɔgbewoe míenye le Sixem? Nu ka ta míele Abimelex subɔm ɖo? Evɔ ɖe, ame ka gɔ̃ wònye? Gideon vie wònyee. Etsɔ Zebul ɖo dumegãe. Nu ka ta koŋ wòle be míasubɔ eya ɖo? Misubɔ mía tɔgbuigã Hemor, ame si tso du sia na mí boŋ.