Judges 9:36 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Gaal kpɔ wo la, edo ɣli gblɔ na Zebul be, “Kpɔ to ma dzi ɖa! Medze abe amewoe le ɖiɖim tso afi ma gbɔna ene oa?” Zebul ɖo eŋu be, “Ao! Vɔvɔliwo ko kpɔm nèle abe amewo ene!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Gaal kpɔ aʋakɔa la, egblɔ na Zebul bena: Kpɔ ɖa, aʋakɔa ɖe nye kem le ɖiɖim tso to la dzi! Ke Zebul ɖo ŋu nɛ bena: Towo ƒe vɔvɔli kpɔm nèle be, amewoe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gaal kpɔ aʋakɔ la, eye wògblɔ na Zebul be: “Kpɔ ɖa, aʋakɔ aɖe nye ekem le ɖiɖim tso to la dzi gbɔna!” Ke Zebul ɖo eŋu nɛ be: “Towo ƒe vɔvɔli kpɔm nèle, menye amewoe o.”