Judges 9:49 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale ameawo dometɔ ɖe sia ɖe fɔ nake yi dua me. Abimelek tsɔ eƒe nake tu mɔ la ƒe gli ŋu eya ta ameawo hã wɔ nenema ke. Woli kɔ woƒe nakewo ɖe glia ŋu eye wode dzo nakekɔ la me. Ale ame abe akpe ɖeka ene, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame siwo nɔ mɔ la me la katã ku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ana ka blibo la lã atilɔwo hedze Abimelex yome, eye wotsɔ wo va kɔ ɖe mɔ̃ la ŋu hetɔ dzo mɔ̃ la. Ale Sixem-mɔ̃metɔwo katã hã ku woanɔ ŋutsu akpe ɖeka hekpe ɖe nyɔnuwo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ame sia ame le aʋakɔ blibo la me lã atilɔ ɖe asi, eye wodze Abimelex yome. Wova kɔ wo ɖe mɔ́ la ŋu, eye wotɔ dzo mɔ́ la. Ale ame siwo katã le Sixem-mɔ́ la me la hã ku; woade ame akpe ɖeka, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.