Judges 9:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekplɔ wo yi fofoa ƒe aƒe me le Ofra eye wòna wowu Yerubaal ƒe vi blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi, ke Yerubaal ƒe vi ɖeka, Yotam, koe si ɖaɣla eɖokui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva fofoa ƒe me le Ofra, eye wowu nɔviawo, siwo nye Yerub-Baal vi blaadreawo, ɖe kpe ɖeka dzi; ke Yotam, si nye Yerub-Baal ƒe dɔmlɔea, tsi agbe, elabena eɣla eɖokui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyi tɔ́a ƒeme le Ofra, eye wòwu nɔvia ŋutsu bla adrẽ siwo nye Gideon viwo ɖe kpe ɖeka dzi. Ke Yotam, Gideon ƒe dɔmlɔea ya sí ɖaɣla eɖokui ale be eya tsi agbe.