Lamentations 1:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Esia ta mefa avi eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo. Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o. Vinyewo zu hiãtɔwo elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia ta mele avi fam, eye nye ŋkuwo le aɖatsi kplɔm yoyoyo ɖo; akɔfala, si afa dzi nam la, le adzɔge nam. Wotsrɔ̃ vinyewo, elabena futɔ la ƒe alo ɖe dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia ta mele avi fam; nye ŋkuwo le aɖatsi kplɔm yoyoyo. Akɔfala aɖeke meli ade dzi ƒo nam o. Futɔ la ƒe alɔ yi dzi; vinyewo tsrɔ̃.