Lamentations 1:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Amewo se nye ŋeŋe gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta. Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava be woawo hã nanɔ abe nye ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wose alesi mele hũ ɖemee, ke xɔnametɔa ɖeke meli o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃e ŋkɔ, eye wole dzidzɔ kpɔm, elabena wòe wɔe. Ne éhe ŋkeke, si ŋu nèɖe gbe ƒã le vɛ la, ekema woawo hã woanɔ abe nye ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wose mele ŋeŋem, ke akɔfala meli o. Nye futɔwo katã se dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe dzinye, eye wole dzidzɔ kpɔm be wò, Aƒetɔ ye wɔm alea. Na ŋkeke si nèɖe gbeƒãe la nade, ne woawo hã woazu abe nye ene.