Lamentations 2:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomewo, nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo tsi yi nu. Ewu wo le wò dzikudogbe, etsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖeviwo kple amegã ɖeɖiwo ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomeewo, eye nye ɖetugbiwo kple nye ɖekakpuiwo tsi yi nu. Eda nu eme le wò dɔmedzoedogbe, eye nèwu ame, mèkpɔ eta o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa ku, tsi anyigba le ablɔ me. Nye ɖetugbiwo kple ɖekakpuiwo tsi futɔwo ƒe yi nu. Le wò dzikudogbe la, èwu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.