Lamentations 2:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la, nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo. Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la, ame aɖeke mesi alo tsi agbe o. Ame siwo mehe eye menyi la nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyɔ ŋɔdzi ɖe ŋunye godoo abe le ŋkekenyuieɖugbe ene, eye amea ɖeke mesi alo susɔ le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o. Amesiwo dzi mekpɔ, eye menyi wotsi la, nye futɔ tsrɔ̃ wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Èna nye futɔwo tso afi sia afi va kpe ta ɖe ŋunye, abe ŋkekenyui ɖu ge wova ene. Ame aɖeke mesí alo tsi agbe le Yerusalem le Aƒetɔ ƒe dzikudogbe o. Vi siwo medzi, kpɔ wo dzi, wotsi la, nye futɔ tsrɔ̃ wo keŋ.