Lamentations 2:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Etsɔ dziku helĩhelĩ helã Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe ɖa. Esi futɔwo gbɔna mía gbɔ la, eɖe eƒe nuɖusibɔ ɖa. Ebi le Yakob me abe dzo bibi si fia nu sia nu si ƒo xlãe la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eŋe dzowo katã na Israel le eƒe dɔmedzoe heliheli me; ehe eƒe nuɖusi ɖe megbe le futɔ nu, eye wodo dzo ɖe Yakob wòbi nu goɖoo va kpe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etsɔ dziku helihelĩ, ɖe Israel ƒe ŋusẽ ɖa keŋkeŋ. Egbe xɔxɔ nɛ, esi futɔwo lũ ɖe edzi la. Etso ɖe Yakob ŋu abe dzo bibi ene, eye wòtsrɔ̃ nu sia nu si ƒo xlãe godoo la.