Lamentations 2:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ehe eƒe da me abe futɔ ene eye eƒe nuɖusibɔ le klalo. Ewu ame siwo katã nyo na eƒe ŋku abe ale si futɔ wɔnɛ ene. Etrɔ eƒe dziku kɔ ɖe Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ dzi abe dzo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ehe eƒe ɖa me abe futɔ ene, eye wòtsi tre ɖi kple eƒe nuɖusi abe ketɔ ene hetsrɔ̃ nusiwo katã dze na kpɔkpɔ; etrɔ eƒe dziku ƒo ɖe Zion-nyɔnuvi ƒe agbadɔ me abe dzo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ebi eƒe dati abe futɔ ene. Ehe eme kple ɖusi abe ketɔ ene, eye wòwu ame siwo katã dzi míedàna ɖo le Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ me. Etrɔ eƒe dɔmedzoe helihelĩ la, kɔ ɖi abe dzo ene.