Lamentations 2:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ɖoe kplikpaa be yeagbã gli le Zion vinyɔnu ŋu. Etsɔ nudzidzeka ɖo eŋu eye mehe eƒe asi ɖe megbe o, ke boŋ egbãe gudugudu. Ena be kpoƒuƒuwo kple gliwo siaa xa nu eye wo kple eve la siaa mu dze anyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa ɖo be, yeatsrɔ̃ Zion-nyɔnuvi ƒe gli; eda ka, mehe eƒe asi ɖe megbe tso nugbegblẽ me o, eye wona kpoƒuƒu kple gli le nu xam; nu le woa kple eve la siaa ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ɖoe kplikpaa be yeana woamu Zion vinyɔnu la ƒe gliwo aƒu anyi. Eda nudzidzeka ɖe eŋu, dzidzee be yeana woagblẽe keŋkeŋ. Ena kpo si woƒu ɖe eŋu kple gli la siaa fa konyi.