Leviticus 1:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke amea aklɔ dɔmenuawo kple afɔawo, eye nunɔlawo atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Anye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ ado dzidzɔ na Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke neklɔ dɔmenuawo kple afɔawo kple tsi, eye nunɔla la natsɔ wo asa vɔe, eye wòatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Enye numemevɔsa, dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.”