Leviticus 1:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, alé eƒe aʋalawo, eye wòafe xevi la me, gake eƒe aʋalawo maɖe ɖa le xevi la ŋu o. Azɔ la, nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòanye vɔsa si adze Yehowa ŋu. Enye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyome wòafe eƒe aʋalawo, gake womaɖe le enu o, eye nunɔla nata dzoe le nake, siwo te wodo dzo ɖo le vɔsamlekpuia dzi la dzi, elabena numevɔsae, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyome wòahe eƒe aʋalawo va se ɖe esime xevia navuvu, gake aʋalawo maɖe ɖa le eŋu o. Ale nunɔla la natɔ dzoe le nake si le dzo me le vɔsamlekpuia dzi la dzi. Esiae nye numemevɔsa, dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.”