Leviticus 1:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòawu nyivi la le Yehowa ƒe ŋku me, eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la ŋu godoo ava kpe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyome newu nyitsu la le Aƒetɔ ŋkume, eye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo la, natsɔ ʋu la aɖo Aƒetɔ ŋkume. Woahlẽ ʋua ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔa mɔnu la ŋu godoo va kpe.