Leviticus 10:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Zi ale si wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la o la, ɖe wòle be miaɖui le afi ma abe ale si meɖo na mi ene hafi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la mee o, eyata ɖe miaɖui le teƒe kɔkɔe la, abe alesi mede se ene hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la me o ɖe! Kɔkɔeƒe lae wòle be miaɖui le, abe ale si mede se na mi ene hafi.”