Leviticus 10:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne wò kple viwò ŋutsuwo miele godoƒegbadɔ la me yi ge la, migano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Ne menye nenema o la, miaku. Nya sia nenye ɖoɖo mavɔ na mi tso dzidzime yi dzidzime.