Leviticus 11:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lã, siwo katã fe li na, eye wozɔa afɔ enee dzi la, lã makɔmakɔwo woanye na mi, amesiame, si aka asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lã siwo katã to fe le lãwo dome, zɔa afɔ ene dzi la, nanye lã makɔmakɔ na mi. Ame sia ame si ka asi woƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.