Leviticus 11:47 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esiawoe nye vovototo siwo le nu siwo ŋuti kɔ, eye woaɖu wo kple nu siwo ŋuti mekɔ o, eye womaɖu wo o le nu gbagbe siwo nye lãwo le anyigba dzi la dome.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bena woade vovo nu makɔmakɔ kple nu kokoe dome, eye woade vovo lã, si woaɖu kple esi womaɖu o la dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mide vovototo nu makɔmakɔ kple nu kɔkɔe, nu gbagbe siwo dze be woaɖu kple esiwo medze be woaɖu o la dome.