Leviticus 12:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema le ŋkeke blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋuti o, eye made Agbadɔ me hã o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woatsi xɔ me ŋkeke blaetɔ̃ vo etɔ̃, le ʋu, si le eŋu la ta. Maɖe asi nu kɔkɔea ɖeke ŋu o, eye mekpɔ mɔ aɖe kɔkɔeƒe la hã o, vaseɖe esime ŋkekeawo naɖe, eye eŋu nakɔ hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ele nɛ be wòanɔ xɔ me ŋkeke bla etɔ̃ vɔ etɔ̃ hena eƒe ʋu kɔklɔ ɖa. Megaka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋu loo, alo ava kɔkɔeƒe la o, va se ɖe esi eŋukɔkɔ ƒe ŋkekewo nade.