Leviticus 12:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nenye ŋutsuvi alo nyɔnuvie, eye ŋkekeawo de eŋu ko la, ekema wòalé alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, woawo numevɔsae, kple ahɔnevi alo akpakpa woawɔ nuvɔ̃vɔsae, avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Eɖadzi ŋutsu o, eɖadzi nyɔnu o, ne ŋkeke siwo ava yi hafi eŋuti nakɔ de ko la, ele be wòatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numemevɔsa kple ahɔnɛvi alo kpakpa ɖeka vɛ hena nuvɔ̃vɔsa. Atsɔ nu siawo vɛ na nunɔla le godoƒegbadɔ la nu.