Leviticus 12:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne nyɔnua mate ŋu akpɔ alẽvi ana o la, ekema nedi akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, be woatsɔ akpakpa alo ahɔnɛ ɖeka asa numemevɔ, eye woatsɔ evelia asa nuvɔ̃vɔ. Azɔ nunɔla la alé avu nɛ, eye eŋu akɔ.”