Leviticus 13:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla la agalé ŋku ɖe eŋu, eye ne ekpɔ be eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe ƒlɔ la, ekema aɖe gbeƒã be ame la dze kpodɔ. Ŋutilã ƒe ƒɔƒlɔ fia be amea le kpodɔ lém, eya ta eŋuti mekɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye ne nunɔla la kpɔ adzua la, ekema woabui ame makɔmakɔe; elabena adzu la nu vɔe, anyie wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔla la negalé ŋku ɖe abia ŋu nyuie, eye wòatso nya me be amea ŋu mekɔ o. Abiae nye dzesi be anyidɔ lém amea le, eya ta amea ŋu mekɔ o.