Leviticus 13:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne amea ɖe ƒe ŋutigbalẽ dze haƒla, aklabi alo dzi, eye wòbe, yeatrɔ zu anyi la, ekema woakplɔ ame la ava nunɔla Aron alo viaŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, dometɔ ɖeka gbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne nu tè ame aɖe alo wòdze abi alo nanewo kɔ ɖe eŋu abe anyidɔ ene la, ekema woakplɔe ava nunɔla Aron alo via ŋutsuawo, ame siwo hã nye nunɔlawo la, dometɔ ɖeka gbɔ.