Leviticus 13:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, eye medze abe dɔléle la tso ŋutigbalẽ la te o ene la, ekema nunɔla la atso nya me be medze kpodɔ o. Ekema ne enya eƒe awuwo ko la, eŋuti kɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne nunɔla la kpɔ ame la le ŋkeke adreagbe, aklabi la melolo ɖe dzi o, eye eteƒe menyẽ ɖe me hã o la, ekema nunɔla la nabui amesi ŋu kɔe, eye wòanya eƒe avɔwo, ekema eŋu kɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke adrẽa gbe la, nunɔla la negaɖe ŋku ɖe teƒea ake. Ne mekeke ɖe edzi o, eye mewɔ hã abe ɖe wònyé ɖe eme ene o la, ekema nunɔla la netso nya me be amea ŋu kɔ. Ekema amea nanya eƒe awuwo, eye eŋu kɔ.