Leviticus 13:45 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖovu nanɔ anyidzela ŋu, wòagblẽ eƒe ta ɖi wòato, eye wòabla glã anɔ ɣli ɖom bena: Busue! busue!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne anyi do ɖe ame aɖe ŋu la, ele be wòanɔ nu vuvu me, agblẽ ɖa ɖi wòato, wòatsɔ nu abla ŋɔti kple nu, eye wòanɔ ɣli dom be: ‘Ŋunye mekɔ o loo! Ŋunye mekɔ o loo!’