Leviticus 13:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke adrea gbe la, nunɔla la agadoe akpɔ. Ne teƒea metrɔ o, eye megakeke ɖe edzi hã o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre bubu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne nunɔla la kpɔe le ŋkeke adreagbe, eye wòdze sii be, nua gale nenema ko, eye mekaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me o la, ekema nunɔla la nagatui ɖe xɔ me zi evelia ŋkeke adre.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke adrẽa gbe la, nunɔla la negalé ŋku ɖe eŋu nyuie kpɔ. Ne ekpɔ be abia gale abe ale si wònɔ tsã ene, eye mekeke ɖe edzi o la, negasa amea ɖe aga ŋkeke adrẽ.