Leviticus 13:52 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema ele be nunɔla la natɔ dzo awu la, avɔ la alo nu si wolɔ̃ kple lãfu, ɖeti alo lãgbalẽ la, elabena woate ŋu axɔ kpodɔ la, eya ta ele be woatɔ dzoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woatɔ dzo awu, avɔ alo nusi wotsɔ lãfu alo ɖeti lɔ̃e alo nusianu, si wotsɔ lãgbalẽ wɔe, si ŋu nu la le; anyi vɔ̃ɖie, eyata woatɔ dzo nu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ele nɛ be wòatɔ dzo nudodo la, awu alo nu si wotsɔ lãfu alo ɖeti lɔ̃ alo nu sia nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔ la, anyidɔ vɔ̃ɖie; woatɔ dzoe wòafiã.