Leviticus 13:55 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke adrea megbe, ne teƒe la ƒe amadede metrɔ o, togbɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o hã la, efia be kpodɔe, eya ta ele be woatɔ dzoe, elabena kpodɔ le eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wonyã nu la, eye nunɔla la kpɔ bena, egale nenema ko, eye mekeke ɖe nu hã o la, ekema nu makɔmakɔ wònye; ele be, woatɔ dzoe, anyie wònye lé ɖe nu la megbe alo ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔla la naɖe ŋku ɖe avɔ si me dɔléle la le esi wonyae vɔ megbe. Ne teƒe si nua ɖi ɖo metrɔ o, eye mekeke ɖe edzi hã o la, nu makɔmakɔ wònye; ele be nàtɔ dzoe, ne anyidɔa ƒe ɖie lé ɖe emegbe alo eŋkume.