Leviticus 14:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Amea atsɔ wo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu le ŋkeke enyia gbe hena eŋutikɔkɔ le Yehowa ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wobui be, eŋu kɔ ŋkeke enyi megbe la, ekema wòatsɔ nuawo avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu le Yehowa ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe si gbe wotso nya me be eŋu kɔ la ƒe ŋkeke enyia gbee wòatsɔ nu siawo vɛ na nunɔlaa le godoƒegbadɔa nu le Aƒetɔ ŋkume.