Leviticus 14:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla la atsɔ ami si susɔ ɖe eƒe asiƒome la asi na ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ta, atsɔ alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyome nunɔla la natsɔ ami mamlea, si susɔ ɖe esi la, akɔ ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe tame, bena wòalé avu nɛ le Yehowa ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ wòatsɔ ami si gasusɔ ɖe nulɔla ƒe asiƒome la asisi ɖe ame si ŋu kɔm wole la ƒe tame bene wòalé avu nɛ le Aƒetɔ ŋkume.