Leviticus 14:36 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla la ana woafɔ nu sia nu ado goe le aƒea me hafi wòalé ŋku ɖe aƒea ŋu, ale be nu siwo le aƒea me la dometɔ aɖeke magazu nu makɔmakɔ ne ekpɔ be kpodɔ le aƒea me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nunɔla la nade se bena, woatɔ nuwo le xɔa me, hafi nunɔla la nava kpɔ nua ɖa, bena nusiwo katã le xɔa me la, magazu nu makɔmakɔwo o. Emegbe hafi nunɔla nayi akpɔ xɔ la ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyome nunɔla la, nana woafɔ nuwo katã ado goe le aƒea me hafi wòayi ɖalé ŋku ɖe dɔléla la ŋu bene nu siwo katã le aƒea me la nagazu nu makɔmakɔ o. Emegbe nunɔla nayi aɖakpɔ aƒea me ɖa.