Leviticus 14:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame si ŋu wokɔ la, anya eƒe awuwo, aƒlɔ eƒe taɖa katã ɖa, ale tsi, eye wòayi aɖanɔ asaɖa la me azɔ. Ke anɔ eƒe agbadɔ godo ŋkeke adre.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesi ŋu kɔm wole la, nanyã eƒe avɔwo, alũ eƒe dawo keŋ, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ. Emegbe ekpɔ mo ayi asaɖa la me, gake woatsi eƒe agbadɔ nu ŋkeke adre sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ ame si ŋu kɔm wole la anya eƒe awuwo, alũ ta eye wòale tsi; ekema eŋu akɔ. Ekpɔ mɔ ayi asaɖa la me azɔ, gake ne eyi la, ele be wòatsi eƒe agbadɔ godo ŋkeke adrẽ.