Leviticus 15:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ŋutsu si adɔ nyɔnu sia gbɔ le eƒe asiɖoanyiɣi, eye ʋua ƒe ɖe ka eŋu la, eŋuti makɔ o hena ŋkeke adre, eye abati ɖe sia ɖe si dzi wòamlɔ la ŋu makɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne ŋutsua ɖe mlɔ egbɔ, eye ʋu la ɖe ɖe eŋu la, ekema eŋu meka o ŋkeke adre, aba sia aba, si dzi ŋutsua mlɔ la, ŋu mekɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame aɖe dɔ kple nyɔnu le eƒe dzinukpɔɣi la, makɔmakɔnyenye si le nyɔnua ŋu la ɖe ɖe ŋutsua hã ŋu eya ta ŋutsua zu ame makɔmakɔ ŋkeke adrẽ. Aba sia aba si dzi wòmlɔ le ŋkeke adrẽ mawo me hã zu nu makɔmakɔ.