Leviticus 15:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne nyɔnua ɖe mekpɔ dzinu, hafi ʋu le dodom le eŋu o, alo eƒe dzinukpɔŋkekewo de, hafi ʋua gale dodom ko la, ekema ŋkeke alesi ʋu le dodom le eŋu la, eŋu mekɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne nyɔnu aɖe ƒe dzinukpɔɣi meɖo o gake ʋu do le eŋu alo le dodom le eŋu ŋkeke geɖe alo eƒe dzinukpɔŋkekewo de gake ʋu gale dodom le eŋu ko la, ekema eŋu mekɔ o, abe ale si ko eŋu mekɔ o le eƒe dzinukpɔɣi la ŋutɔ ene.