Leviticus 15:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋkeke alesi ʋu le dodom le eŋu, eye wòmlɔ abaa ɖe dzi la, ekema aba la le abe eƒe dzinukpɔtɔ ene, eye nusianu, si dzi wònɔ la, ŋu mekɔ o, eye wòle abe eƒe dzinukpɔtɔ ke ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aba sia aba si dzi wòmlɔ, alo nu sia nu si dzi wòbɔbɔ nɔ le ŋkeke mawo me la hã zu nu makɔmakɔ.