Leviticus 16:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ekema ado go, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple ameawo ƒe gbɔ̃tsu la, eye wòahlẽ eƒe ʋu ɖe xɔmetsovɔ la me, ahlẽe ɖe amenuvevezikpui la dzi kple eŋgɔ abe ale si wòwɔ kple nyitsu la ƒe ʋu ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyome wòawu dukɔ la ƒe nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu la, atsɔ eƒe ʋu ava xɔmetsovɔ la godo, eye wòawo eƒe ʋu, abe alesi wòwɔ nyitsu la ƒe ʋu ene; wòahlẽe ɖe nutsyɔnu la dzi kple nutsyɔnu la ŋgɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Eyome newù gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ be woatsɔ sa nuvɔ̃vɔ ɖe dukɔa ta. Neku eƒe ʋu va xɔmetsovɔ la godo, eye newɔ eƒe ʋu abe ale si wòwɔ nyitsu la ƒe ʋui ene; nehlẽe ɖe nutsyɔnu la dzi kple eŋgɔ.