Leviticus 16:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Agbadɔ la me ne Aron ge ɖe eme be yeaɖe nu vɔ̃ ɖa le Teƒe Kɔkɔe la ŋu o va se ɖe esime wòalé avu le eya ŋutɔ ɖokui, eƒe aƒemetɔwo kple Israelviwo katã ta, eye wòagado go.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea ɖeke manɔ Mawu ƒe agbadɔ la me, ne eyi ɖe eme, be wòalé avu le kɔkɔeƒe la me o, vaseɖe esime wòado go. Ale wòalé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe kpakple Israel ƒe aƒe blibo lae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖeke manɔ godoƒegbadɔ la me esime wòge ɖe eme be yealé avu le kɔkɔeƒe la o; va se ɖe esime wòlé avu na eɖokui, eƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe blibo la hedo go hafi.