Leviticus 16:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na Mose be: “Gblɔ na nɔviwò Aron be meganɔ tsotsom ko anɔ kɔkɔeƒe la yim le xɔmetsovɔ la godo ɣe sia ɣi o, elabe afi mae medzena le le alilikpo me le nubablaɖaka la ƒe nutunu la tame. Ne esẽ to la, aku.