Leviticus 16:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Aron natsɔ eƒe asiwo kple eve aɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israel-viwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me akɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòana ŋutsu, si le klalo la, nakplɔe aɖo ɖe gbedzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aron netsɔ eƒe asiwo kple eve ɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israelviwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me kɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi. Nena ame si le klalo la nakplɔ gbɔ̃a ayi gbedadaƒo ʋĩi, aɖanyàe de gbe le afi ma.