Leviticus 16:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woatsɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu si Aron tsɔ sa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòtsɔ woƒe ʋu yi Teƒe Kɔkɔe la hena avuléle la ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo wo kpe ɖe woƒe agbalẽ kple dɔmenuwo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woatsɔ nuvɔ̃vɔsanyitsu la kple nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, siwo ƒe ʋu wotsɔ yi kɔkɔeƒe la me helé avui la, ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo woƒe agbalẽ, woƒe lã kple woƒe dɔmemiwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woakɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu siwo wowu tsɔ sa nuvɔ̃vɔ la, eye wotsɔ woƒe ʋu ɖe nu vɔ ɖa le kɔkɔeƒe la ayi asaɖa la godo aɖatɔ dzo wo. Woatɔ dzo woƒe agbalẽwo, woƒe lã kpakple woƒe miwo siaa.